Type and hit enter
+233 (0) 50 916 3727
Afrika Ɣetoɖoƒe Dukɔwo ƒe Habɔbɔ (ECOWAS) kple Xexeame Gadzraɖoƒegã ƒe Ƒuƒoƒo, esi wode dzesi dzɔdzɔmenudzɔdzɔ siwo xea mɔ na nuɖuɖu wɔwɔ le nuto suea me (abe tsiɖɔɖɔ, kuɖiɖi, agbleme nugbagbeviwo siwo gblea nuku ƒe kaka, lãwo ƒe dɔlélewo, kple bubuawo ene) la, wokpɔe be enyo be woawɔ agbagbadzedze ɖoɖo ɖe dukɔ siwo le eme la dome ne woado ŋusẽ nuuɖuɖu asi trotro ɖoɖo nu le nuto suea wo me. Wole esia wɔm le nutoa me godoo, to Afrika Ɣetoɖoƒe Nuɖuɖu Tenɔnɔ Ðoɖo (West Africa Food System Resilience Program (FSRP) dzi. Ðoɖoa ƒe ŋgɔyiyi ƒe taɖodzinu enye, be dzadzraɖo ɖe nuɖuɖu ƒe dedienɔnɔ ɖoɖoa nadzi ɖe edzi eye woatu nuɖuɖu ƒe tenɔnɔ ɖoɖowo ɖe nɔnɔme sesẽwo nu le dukɔ siwo kpɔ gome le ɖoɖo sia me.
Le ɖekawɔwɔ sia me, FSRP si le Ghana woa ʋui to Agbledenyawo Gbɔkpɔha dzi, adze tɔtrɔ ɖe nɔnɔmewo ŋu, nu yeyewo dodo kple nudede nyawo me si ate ŋu anɔ anyi tegbee eye woa bla akpa na aƒe siwo ate ŋu adze afɔku, ƒomewo, agbledelawo kple nutoawo me, be woate ŋu anɔ te ɖe kakaɖedzimanɔamesi kple dzidziƒoame nu le nuɖuɖu wɔwɔ kple wo nana me le nuto sueawo me.
Ðoɖoa ƒe Akpa Gbãtɔ ku ɖe Burkina Faso, Mali, Niger, kple Togo ŋu, eye Akpa Evelia ku ɖe Chad, Ghana, kple Sierra Leone ŋu. Dɔwɔwɔ ƒe ɖoɖoa lɔ nutome dɔwɔƒe etɔ̃ bubuwo ɖe eme: Ɣetoɖoƒe Afrika Dukɔwo ƒe Ganyawo Ŋuti Dɔwɔha (ECOWAS), Dukɔwo Dome Kɔmiti Mavɔ si Kpɔa Kuɖiɖi Dzi le Sahel (CILSS), kple Ɣetoɖoƒe kple Afrika Titina ƒe Agbledede Ŋuti Numekuku Kple Ŋgɔyiyi Aɖaŋuɖoha (CORAF); eye le nutoa me la, elɔ dziɖuɖudɔwɔƒe ɖedzesiwo ɖe eme le agbledede ƒe asixɔxɔ kɔsɔkɔsɔa me.
Dukɔa ƒe dɔwɔhati dometɔ aɖewo xena FSRP ɖoɖoa woenye: Dɔwɔƒewo ƒe alɔdzewo kple Dɔwɔƒe siwo le Nuɖuɖu kple Agbledede ŋuti Dɔwɔƒe (MOFA) te; Ghana Tsidede Dɔwɔƒe (GIDA); Dzɔdzɔmeŋutinunya kple Numekuku Dɔwɔƒe (CSIR) kple dɔwɔƒewo siwo le eme; kple Ghana Yame Nɔnɔme ŋuti Dɔwɔƒe (GMet).
© 2025 West Africa Food System Resilience Project / Ministry Of Food and Agric. All right reserved.
Your experience on this site will be improved by allowing cookies.